Mark 8

Yesu nyi ame akpe ene

(Mateo 15:32-39)

1Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu le afi aɖe gbe ɖeka eye nuɖuɖu menɔ wo si woaɖu o. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo eye wogblɔ na wo be, 2“Ame siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ, elabena ŋkeke etɔ̃e nye esi wole afii eye naneke megale wo si woaɖu o. 3Ne meɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣeɣii la, ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi, elabena wo dometɔ aɖewo tso didiƒe ke.” 4Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi kae míakpɔ nuɖuɖu na ame gbogbo siawo le, le gbedzi afi sia?”

5Ke Yesu hã bia wo be, “Abolo nenie le mia si?”

Woɖo eŋu be, “Abolo adre.”
6Azɔ Yesu gblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe gbea dzi, etsɔ abolo adreawo, da akpa na Mawu ɖe wo ta, ŋe wo me kakɛ kakɛ hetsɔ wo na nusrɔ̃lawo eye wotsɔ wo ɖo ameawo ƒe akɔme.

7Wokpɔ lã memĩ eve aɖewo hã eye Yesu da akpe ɖe woawo hã ta eye wòna be nusrɔ̃lawo ma wo na ameawo. 8Ameawo ɖu nu ɖi ƒodo nyuie. Emegbe la nusrɔ̃lawo ƒo abolo kakɛ siwo susɔ la ƒu eye woyɔ kusi adre. 9Ame siwo ɖu nua la ƒe xexelẽme anɔ akpe ene. Yesu do mɔ wo le nua ɖuɖu vɔ megbe.

10Le nu siawo megbe la, Yesu ge ɖe ʋu aɖe me enumake kple eƒe nusrɔ̃lawo eye wova ɖi go ɖe Dalmanuta nutowo me.

Amewo bia dzesi

(Mateo 16:1-4)

11Farisitɔ siwo nɔ afi ma la se be Yesu va ɖo teƒea ale woyi be yewoahe nuka kplii. Wova gblɔ nɛ be, “Ɖe dzesi aɖe tso dziƒo fia mía míakpɔ, ekema míaxɔ dziwò se.”

12Yesu ɖe hũ, eye wògblɔ na wo be, “nyemawɔ naneke gbeɖe o. Nukunu neni dim mi ame siawo miele be miakpɔ?”

13Yesu dzo le wo gbɔ, hetrɔ ge ɖe ʋua me eye wòtso ta la yi eƒe go evelia dzi.

Farisitɔwo kple Herɔd ƒe amɔ maʋamaʋã

(Mateo 16:5-12)

14Hafi woadzo la, nusrɔ̃lawo ŋlɔ be wometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o, evɔ abolo ɖeka koe susɔ ɖe wo si.

15Esi wonɔ tsia dzi yina la, Yesu gblɔ na wo kple gbe blewu be, “Mikpɔ nyuie le Herodes kple Farisitɔwo ƒe nuʋãnu la ŋu.”

16Nusrɔ̃lawo bia wo nɔewo be, “Nya sia gɔme ɖe?” Mlɔeba la eva dze na wo abe nuɖuɖu si woŋlɔ be la ŋue Yesu nɔ nu ƒom le ene.

17Yesu nya nya si gblɔm wonɔ ale wògblɔ na wo be, “Gbeɖe, menye nu si bum miele la gblɔm mele o! Nu ka ta mietea ŋu sea nu gɔme o? Ɖe miaƒe dzíwo ku atri nenema gbegbe be miate ŋu ase nu gɔme oa? 18Miaƒe ŋkuwo la nu wobe miakpɔ kpli wo ke nu ka tae miekpɔa nu o? Nu ka ta miate ŋu aʋu miaƒe towo ase nu o? Mieɖo ŋku naneke dzi kura oa? 19Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ oa? Nuɖuɖu wuwlui kusi nenie miefɔ emegbe?”

Woɖo eŋu nɛ be “Wuieve sɔŋ.”

20Egabia wo be, “Esi menyi ame akpe ene kple abolo adre ɖe abolo kusi nenie susɔ?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kusi adre.”

21Azɔ egblɔ na wo be, “Ke ale ke wɔ miebu be nuɖuɖu ƒe anyi manɔmanɔ ɖe fu na nye susu?”

Yesu yɔ dɔ ŋkuagbãtɔ aɖe le Betsaida

22Azɔ esi wova ɖo Betsaida la, ame aɖewo kplɔ ŋkunɔ aɖe vɛ nɛ eye woɖe kuku nɛ be wòada asi ɖe edzi ada gbe le eŋu. 23Yesu lé ŋkunɔ la ƒe alɔnu eye wòkplɔe do goe le dua me. Eɖe ta ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye wòda asi ɖe wo dzi. Azɔ ebia ŋkunɔ la be, “Ète ŋu le nu kpɔma?”

24Amea tsa ŋku godoo eye wò ɖo eŋu be, “Ẽ, mele amewo kpɔm gake nyemele wo kpɔm nyuie o, wodze abe atiwoe le zɔzɔm ene!”

25Yesu gaɖo asi amea ƒe ŋkuwo dzi ake ke fifia ŋkuawo ʋu nyuie eye wonɔ nu kpɔm pɛpɛpɛ.

26Yesu ɖoe ɖe eƒe ƒometɔwo gbɔ eye wòde se nɛ be, “Mègato kɔƒea me kura hafi nàyi o.”

Petro ʋu Yesu me

(Mateo 16:13-20; Luka 9:18-21)

27Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Galilea heyi Kaisaria Filipi kɔƒewo me. Esi wonɔ zɔzɔm yina la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Ame kae amewo buna be menye? Ale ke wole gbɔgblɔm tso ŋunye?”

28Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo bu be Yohanes Mawutsidetanamelae nènye, eye bubuwo gblɔ be Eliya alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye gava dzɔ.”

29Ke ebia woawo ŋutɔ bena, “Ame kae miawo ya miebu nɛ be, menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Mesia la!” 30Ke Yesu de se na wo be womegana ame aɖeke nanya esia o!

Yesu gblɔ nya le eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi gbãtɔ

(Mateo 16:21-28; Luka 9:22-27)

31Azɔ Yesu de asi fukpekpe dziŋɔ siwo katã kpe ge wòala la ŋu nyawo gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple Osɔfogãwo agbe nu le ye gbɔ. Agbalẽfialawo hã agbe ye eye woawu ye. Gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe. 32Yesu ƒo nu na wo faa le nya siawo ŋu, meɣla naneke ɖe wo o. Eya ta Petro yɔe ɖe kpɔe heka ŋkume nɛ be, “Mele be nànɔ nya sia ƒomevi gblɔm o.”

33Yesu trɔ kɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo eye wògblɔ na Petro kple moveviɖoɖo be, “Wò Satana, te ɖa le gbɔnye elabena èle nu siawo kpɔm le amegbetɔ ƒe susu nu ke menye le Mawu tɔ nu o.”

34Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒui be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la ele be wòaɖe asi le nu siwo doa dzidzɔ nɛ la katã ŋu eye wòatsɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo. 35Ne miedi kokoko be miaɖe miaƒe agbe la miabui boŋ. Ame siwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi le nye nyanyui la ta la, atsi agbe boŋ.

36“Viɖe ka wòanye na ame be xexeame katã nazu etɔ gake wòabu eƒe agbe to xexeame nuwo yometiti me? 37Nane gaxɔ asi wu eya ŋutɔ ƒe luʋɔ le xexe sia mea? 38Le ŋkeke siawo me esi dzimaxɔse kple nu vɔ̃ bɔ alea la, ame si nye ŋutɔ kple nya siwo gblɔm mele na mi akpe ŋu na la, Nye Mesia la makpe ŋu eya hã nenye be metrɔ va le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo.”

Copyright information for EweBEE